19/05/2026
*BLAƉAGBE 19/5/2026*
🎬🎬🎬🎬🎬🎬🎬🎬🎬🎬🎬
1 *Kings 2:3-4*
3 Lé ŋku ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe nudidiwo ŋu, eye nazɔ eƒe mɔwo dzi, ne nalé eƒe ɖoɖowo, sewo, kɔnuwo kple ɖaseɖiɖiwo me ɖe asi, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe se la me ene, ne nusiwo katã nawɔ kple afisiafi, si nayi la, nadze edzi na wò;
4 ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe ŋunye la, nava me be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ anukwaretɔe le ŋkunye me kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpuia dzi la, nu matso akpɔ o.
*Aƒetɔ la nave mianu bena miatrɔɖe Yehowa Mawu ƒe sẽ kple ɖoɖowo ŋu awɔ wodzi hena eƒe yayrawo ƒe domenyinyi to Kristo Yesu dzi Amen.*
🖼️ InspireD
Blewu Tv